Mark 7

Yesu ƒo nu le nuɖuɖu kple asimaklɔmaklɔ ŋuti

(Mateo 15:1-20)

1Gbe ɖeka Farisitɔwo kple agbalẽfiala aɖewo tso Yerusalem va Yesu gbɔ. 2Ame siwo kpɔe be Yesu ƒe nusrɔ̃la aɖewo meklɔ asi ɖe Yudatɔwo ƒe kɔnu nu hafi ɖua nu o 3elabena Yudatɔwo, vevietɔ Farisitɔwo ɖe woklɔa asi kple abɔ va se ɖe abɔkuglui nu ke abe ale si wo tɔgbuiwo wɔnɛ hafi ɖua nu ene. 4Ne wotso asi me gbɔ la, ele be woawɔ kɔnu sia godoo hafi ade asi nuɖuɖu ŋu. Esia nye se siwo dzi wowɔna pɛpɛpɛ ƒe alafa nanewo la ƒe kpɔɖeŋu ɖeka. Kɔnu bubu si me wogalé ɖe asi lae nye nu ɖuzewo, ganuwo kple gagbawo kɔklɔ.

5Ale Farisitɔwo kple agbalẽfiala siawo va bia Yesu be, “Nu ka tae wò nusrɔ̃lawo megawɔa míaƒe kɔnu xoxoawo o? Womeklɔa asi ɖe kɔnua nu hafi ɖua nu o.”

6Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nyateƒe ŋutɔe Yesaya to esi wogblɔ nya ɖi tso mi alakpatɔ siawo ŋuti; abe ale si woŋlɔe ɖi ene be, ‘Ame siawo le buyem kple woƒe nuyiwo, ke woƒe dzi te ɖa xaa tso gbɔnye. 7Woƒe subɔsubɔ nye dzodzro elabena woƒe nufiafiawo nye amewo ƒe sededewo ko.’” 8Elabena miegbe nu le Mawu ƒe ɖoɖo vavãwo gbɔ hewɔa mia ŋutɔwo ƒe ɖoɖowo dzi. 9Ɖe mieɖoe koŋ le nu gbem le Mawu ƒe sewo gbɔ eye mietu afɔ wo dzi le miawo ŋutɔ ƒe ɖoɖowo ta.

10“Le kpɔ ɖeŋu me, Mose de se si tso Mawu gbɔ la na mi be, ‘Bu fofofwò kple dawò.’ Egblɔ kpe ɖe eŋu be, ‘Ame si agblɔ nya vloe ɖe fofoa alo dadaa ŋu la dze na ku.’ 11Gake miawo la miegblɔ be ame ate ŋu agblɔ na edzila si hiã nane be, ‘Taflatse nyemate ŋu akpe ɖe ŋuwò o! Elabena nu si wòle be matsɔ na wò la metsɔe na Mawu xoxo.’ 12Mieɖea mɔ nɛ be wòawɔ nu si dze be wòawɔ na fofoa alo dadaa o. 13Ale miegbe Mawu ƒe nya eye miewɔna ɖe miaƒe kɔ, siwo mieɖo anyi la dzi. Miaƒe wɔna geɖewo le alea.”

14Azɔ Yesu yɔ ameha la be woava ɖo to ye. Egblɔ na wo be, “Mi katã mi ɖo to nyuie, ne miase nya siawo gɔme” 15Naneke meli si tsoa egodo gena ɖe ame me, si ate ŋu aƒo ɖi amea o, ke boŋ nu siwo doa go tso amea me la woawoe nye nu siwo ƒoa ɖii. 16Ame si to senu li na la nesee.

17Azɔ Yesu ge ɖe aƒe aɖe me be yeahe ɖa le amehawo gbɔ vie. Eƒe nusrɔ̃lawo va biae le afi sia be wòaɖe nya siwo wógblɔ va yi la gɔme na yewo.

18Yesu bia wo be “Ekema miawo hã miese nya siawo gɔme oa? Miate ŋu akpɔe dze sii be nu siwo mieɖuna la magblẽa nu le miaƒe luʋɔ ŋu oa? 19Ne ame ɖu nu la meyina eƒe dzi me o. Ke boŋ etoa eƒe dɔkaviwo me.” Egblɔ nya sia be yeafia be nuɖuɖu ɖe sia ɖe ŋuti kɔ.

20Egagblɔ kpe ɖe eŋu be, “Nu si ŋu ame buna lae gblẽa nu le eŋu heƒoa ɖii. 21Elabena ame ƒe dzi mee susu baɖa doa go tsona. Nu baɖawo abe, fĩeŋufeŋui alo matrewɔwɔ, fififi, amewuwu, ahasiwɔwɔ 22ŋubiabiã, ŋutasesẽ, amebeble, makɔmakɔnyenye, ŋuʋaʋã, ame ŋu gbegblẽ, dada kple movinuwɔna bubuwo. 23Nu vɔ̃ɖi siawo katã doa go tso miaƒe dziwo me eye woawoe nye nu siwo ƒoa ɖi mi ale be miedze be miage ɖe Mawu ŋkume o.”

Yesu da gbe le Kanaan nyɔnu aɖe ƒe vinyɔnuvi ŋuti

(Mateo 15:21-28)

24Yesu dzo le Galilea heyi Tiro kple Sidɔn nutowo me. Edze agbagba be yeaɣla ye ɖokui gake mete ŋui o. Mekpɔ ɖo hafi eƒe vava ɖi hoo abe ale si wònɔna ɖaa ene o.

25Nyɔnu aɖe si vi gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ fu ɖem na la va egbɔ enumake. Nyɔnu sia se Yesu ŋkɔ eya ta eva dze klo ɖe eƒe afɔ nu 26heɖe kuku be wòaxɔ ye via le gbɔgbɔ vɔ̃a si na ye. Nyɔnua nye Sirofoiniketɔ ame siwo Yudatɔwo buna Trɔ̃subɔlawoe la dometɔ ɖeka.

27Yesu gblɔ nɛ be, “Ele be ɖeviwo naɖi ƒo gbã, gawu la menyo be woatsɔ ɖeviwo ƒe nuɖuɖu aƒu gbe ɖe avuwo gbɔ o.”

28Nyɔnua ɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ esia nye nyateƒe, gake wotsɔa ɖeviwo ƒe nuɖuɖu wuwlui si susɔ la naa avuvi siwo le kplɔ̃ tee.”

29Yesu gblɔ nɛ be, “Enyo, èɖo nyaa ŋu nyuie ŋutɔ. Meda gbe le viwò nyɔnuvi sue la ŋu na wò. Heyi aƒe me, elabena gbɔgbɔ vɔ̃ la do go le eme.”

30Esi nyɔnu sia va ɖo aƒe me la, ekpɔ via nyɔnuvia wòmlɔ anyi ɖe aba dzi kpoo elabena gbɔgbɔ vɔ̃a do go le eme.

Gbedada le tokunɔ kple aɖetututɔ aɖe ŋu

31Azɔ Yesu tso Tiro yi Sidɔn to Dekapoli alo Du Ewoawo me gatrɔ yi Galilea ƒua nu. 32Wokplɔ tokunɔ aɖe si menya nuƒoƒo nyuie o la vɛ nɛ le afi sia eye ame sia ame ɖe kuku nɛ be wòada asi ɖe edzi ayɔ dɔe.

33Yesu kplɔ tokunɔ la dzoe le ameawo dome yi adzɔge eye wòƒo eƒe asibiɖɛwo ɖe eƒe towo me. Azɔ eɖe ta hesi ɖe eƒe aɖe dzi. 34Ewu mo dzi kpɔ dziƒo eye wògbɔ fũ heɖe gbe be, “Hefata” si gɔme enye “Ʋu.” 35Enumake amea ƒe towo ʋu eye wòde asi nusese kple nuƒoƒo me nyuie hã.

36Yesu de se na ameha la be womegana amewo nanya nu si yewɔ la o, gake zi ale si wòde se sia na wo la, zi nenema kee wokakaa nya la, 37elabena nuwɔna la wɔ nuku na wo. Ale nya sia tsi amewo nu wonɔ gbɔgblɔm ɖaa be, “Nu sia nu si wòwɔna la nye nukunu. Ewɔnɛ be tokunɔ sea nu eye aɖetututɔ hã ƒoa nu eme kɔna!”

Copyright information for EweBEE